Mark 5:1-20

Yesu da gbe le Gadaratɔ, gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖe, ŋu

(Mateo 8:28-34; Luka 8:26-39)

1Wotso ƒu la eye woge ɖe Gadaratɔwo ƒe nuto me. 2Esi Yesu ɖi go tso ʋua me la ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le do go tso yɔdoawo me va kpee. 3Ame sia ƒe nɔƒe nye ameɖibɔ me eye ame aɖeke magate ŋu ablae o alo ade gakɔsɔkɔsɔ gɔ̃ hãe o. 4Elabena zi geɖe wodea gakɔsɔkɔsɔ eƒe asiwo kple afɔwo, ke etsona wo keŋkeŋ. Ame aɖeke mesesẽ wui ale woalée wòadze kɔ anyi o. 5Le ŋkeke kple zã me siaa la enɔa tsatsam le yɔdowo dome kple togbɛwo dzi nɔa ɣli dom henɔa eɖokui sim kple kpe ɖaɖɛwo.

6Ame sia kpɔ Yesu xoxoxo esi wònɔ tsia dzi gbɔna, eya ta esi wò ɖi go ko la, eƒu du va tui hedze klo ɖe eŋkume.

7Edo ɣli kple gbe sesĩe be, “Nya ka le nye kple wò dome? Wò Yesu, Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi? Le Mawu ta megawɔ funyafunya aɖekem o.” 8Elabena Yesu nɔ gbɔgblɔm nɛ bena, “Do go le ŋutsu sia me, wò gbɔgbɔ vɔ̃” 9Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eye wòɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnye enye Legio alo Aʋakɔ, elabena mí ame geɖewo le ame sia me.”

10Azɔ gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku na Yesu vevie be wòaganya yewo ayi du didi aɖeke me o.

11Eva eme be aƒehawo ƒe ha aɖe nɔ nu ɖum le togbɛ si te ɖe taa ŋu la dzi. 12Gbɔgbɔ vɔ̃awo gblɔ na Yesu be, “Míeɖe kuku nya mí ɖo ɖe ha mawo me.”

13Yesu na mɔ wo be woayi, eye gbɔgbɔ makɔmakɔ siawo do go le aɖaʋatɔa me enumake yi ɖage ɖe hawo me. Esia wɔe be hawo katã ƒu du sesĩe, yi ɖanyrɔ̃ wo ɖokuiwo ɖe ƒua me doo heno tsi ku.

14Hakplɔviawo si dzo eye esi wonɔ yiyim la, wokaka nyaa ɖe duwo kple kɔƒewo me. Esia wɔa be ame sia ame yi be ye ŋutɔ yeakpɔ nu si dzɔ la. 15Le esia ta eteƒe medidi o ko ameha gã aɖe va ƒo zi ɖe afi si Yesu le, gake esi wokpɔ aɖaʋatɔa wòdo awu nyuie heɖo ame me nɔ anyi kpoo la, vɔvɔ̃ ɖo wo katã. 16Ame siwo va kpɔ nu si dzɔ ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ tɔa kple hawo dzi la hã gayi ɖagblɔe na ame bubuwo, 17ale amewo gava fũ eye woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo ƒe nutowo me ne yewoakpɔ vovo. 18Le esia ta Yesu gagbugbɔ ge ɖe ʋua me be yeadzo. Tete ŋutsu si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le la ɖe kuku nɛ be yeayi kplii. 19Gake egblɔ nɛ bena, “Yi aƒe me le nɔviwòwo gbɔ, eye nàgblɔ nu gã siwo Mawu wɔ na wò kple ale si wòkpɔ nublanui na wò la na wo.”

20Amea dze mɔ eye wòtsa le du ewo siwo le nutoa me la me henɔ gbeƒã ɖem nu gã siwo Yesu wɔ nɛ la na ame sia ame eye eƒe nya la wɔ nuku na ameawo ŋutɔ.

Copyright information for EweBEE